Romans 13

Toɖoɖo dziɖuɖu

1Miɖo to dziɖuɖu la, elabena Mawue nye ame si ɖo dziɖuɖu la anyi. Dziɖuɖu aɖeke mele afi aɖeke si Mawu ŋutɔ metsɔ ŋusẽ na o. 2Eya ta ame sia ame si gbe dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ la, gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ eye tohehe adze nu sia yome. 3Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm o, ke ame siwo le nu vɔ̃ wɔm la, avɔ̃ kpovitɔ ɣesiaɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, wɔ seawo dzi kpoo ekema eme anyo na wò. 4Mawue ɖo kpovitɔ la ɖa be wòakpe ɖe ŋuwò. Ke ne èle nu vɔ̃ aɖe wɔm la, eme kɔ ƒãa be ànɔ vɔvɔ̃m elabena kpovitɔ la ana woahe to na wò. Nu sia tututu tae Mawu ɖoe ɖa. 5Eya ta miwɔ seawo dzi le nu eve siawo ta : gbã, be miagaxɔ tohehe o; evelia, elabena mienyae xoxo be ele be yewoawɔ seawo dzi.

6Midzɔ miaƒe dugawo hã le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na dziɖuɖudɔwɔlawo ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe dɔ la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu. 7Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu. Amehavilɔlɔ̃

8Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe sewo katã dzi eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si. 9Ne èlɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene la, màdi be yeawɔ nu vevii, abae, awui, alo afi eƒe naneke o. Gawu la, màwɔ nu vɔ̃ kple hawòvi srɔ̃ alo adi nu si nye etɔ alo awɔ nu bubu aɖeke si Se Ewoawo gblɔ be menyo o la ɖe eŋu o. Seawo katã ƒe ƒuƒoƒoe nye esia be nàlɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwo ene. 10Lɔlɔ̃ naa womedaa vo ɖe ame aɖeke ŋu o. Eya tae wòsɔ ɖe nu siwo katã wòle be míawɔ la dzi. Se ɖeka sia koe miehĩa.

11Nu bubu si ta wòle be mianɔ agbe nyui nye be: mienya be ɣeyiɣi boo megali o. Minyɔ elabena Aƒetɔ la ƒe vava tu aƒe fifia wu ale si míexɔe se tsã. 12Zã la va yi vɔ, ŋu le kekem azɔ! Eya ta mina míaɖe asi le vivitimenuwɔwɔwo ŋu eye míado kekeli ƒe akpoxɔnuwo. 13Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene, menye le aglotuwo kple ahamumuwo, menye le ahasiwɔwɔwo kple hadzedzewo eye menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o. 14Ke boŋ mibia Aƒetɔ Yesu Kristo be wòakpe ɖe mia ŋu be mianɔ agbe abe ale si dze ene. Migakpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu o.

Copyright information for EweBEE